1 Thessalonians 2

Paulo ƒe dɔwɔwɔ le Tesalonika

1Nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo ŋutɔ mienya ale si míaƒe mia gbɔ vava ɖe vi na mii. 2Mienya ale si wowɔ funyafunya mí kple ale si míekpe fu le Filipi hafi míeva ɖo mia gbɔ la hã. Ke Mawu na dzideƒo tɔxɛ mí be míagblɔ nyanyui ma ke na mi togbɔ be futɔwo ƒo xlã mí gɔ̃ hã. 3Eya ta miakpɔe adze sii be, míele mawunya gblɔm ɖe didi vɔ̃wo alo tameɖoɖo vɔ̃wo ta o. Ke boŋ míele egblɔm le anukwareɖiɖi kple dzitsinya nyui me. 4Elabena míawo la míele nya la gblɔm abe dɔla siwo tso Mawu gbɔ, ame siwo dzi ko wòka ɖo be woagblɔ nyateƒe la ko ene; eya ta míetrɔ eƒe nya la ƒe akpa aɖeke be wòasɔ ɖe nyaselawo ƒe didi nu o, elabena míawo la, míesubɔa Mawu ɖeka hɔ̃ si dzroa amewo ƒe dzimesusuwo ƒe gogloƒe ke me. 5Abe ale si mienya nyuie ene la, míedze agbagba zi ɖeka pɛ hã kpɔ be míahe mi va mía gbɔe to mia nu beble me o, eye Mawu ŋutɔ hã nya be menye ɖe míebua be míenye mia xɔlɔ̃wo ale be miana ga mí o. 6Míebia kafukafu tso miawo alo ame bubu aɖeke gbɔ kpɔ o; evɔ abe Kristo ƒe apostolowo ene la, míedze na bubu tɔxɛ tso mia gbɔ hafi. 7Le esia teƒe la, míegbɔ dzi ɖi na mi abe ale si vi dada gbɔa dzi ɖi doa nuɖuɖu na viawo eye wòléa be na wo ene. 8Míelɔ̃ mi vevie eye míaƒe lɔlɔ̃ la de to ale gbegbe be míetsɔ Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖe ko vɛ na mi o ke boŋ míetsɔ miawo ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã kpe ɖe eŋuti na mi.

9Nɔvi lɔlɔ̃awo, mieɖo ŋku ale si míewɔ dɔ kple kutrikuku geɖe le mia dome la dzi oa? Zã kple keli míewɔa dɔ kple kutrikuku eye míetea fifia be míate ŋu akpɔ nu anɔ agbe ɖe edzi ale be míaganye agba na ame aɖeke le afi ma esi míele Mawu ƒe nyanyui la gblɔm le mia dome o. 10Miawo ŋutɔ kple Mawu siaa mienye ɖasefowo na mí be míenɔ agbe dzadzɛ, kɔkɔe si ŋuti kpɔtsotso mele o la le mia dome. 11Ɖe mieɖo ŋku edzi be, míeƒoa nu na mi abe ale si fofo ƒoa nu na viawoe la ene oa? Míeɖea kuku na mi, dea dzi ƒo na mi eye kura gɔ̃ hã la, míedina 12tso mia si be miaƒe agbenɔnɔ naganye nuɖiaɖia na Mawu o, ke boŋ wòahe dzidzɔ vɛ na eya ame si yɔ mí va eƒe fiaɖuƒe la me be míakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe la me.

13Eye míadzudzɔ akpedada na Mawu ɖe esia ta o, elabena esi míegblɔ nyanyui la na mi la, miebu nya la abe nya siwo míawo ŋutɔ míesusu la ene o, ke boŋ miexɔe abe Nya si tso Mawu ŋutɔ gbɔ la ene, eye le nyateƒe me eya ŋutɔ gbɔe wòtso, eyata esi miexɔe se la etrɔ miaƒe agbenɔnɔ.

14Nɔvi lɔlɔ̃awo, esia yomedzenue nye be miawo hã miekpe fu abe ale si hame siwo le Yudea la kpee ene. Miawo ŋutɔ miaƒe dukɔmetɔwo ti mia yome abe ale si woawo hã kpe fu tso woawo ŋutɔ ƒe amewo Yudatɔwo, sime ene. 15Esi wowu woawo ŋutɔ ƒe nyagblɔɖilawo vɔ la, woklã Aƒetɔ Yesu gɔ̃ hã ɖe atitsoga ŋuti, eye azɔ la, woti míawo hã yome kutɔkutɔe henya mí do goe le dua me. Wotsi tre ɖe Mawu kple amegbetɔ siaa ŋuti 16eye wole agbagba dzem be woaxe mɔ na mí ne míagagblɔ nya la na Trɔ̃subɔlawo o, ɖe vɔvɔ̃ ta, be wo dometɔ aɖewo akpɔ ɖeɖe. Ale ame siawo ƒe nu vɔ̃wo gale tsitsim ɖe edzi. Mlɔeba la Mawu ƒe dziku va wo dzi azɔ.

Paulo ƒe didi vevi be yeayi aɖakpɔ Tesalonikatɔwo ɖa

17Nɔvi lɔlɔ̃wo, esi míedzo le mia gbɔ le ɣeyiɣi kpui si va yi me la, míaƒe dziwo ya medzo le mia gbɔ o, ke míedze agbagba ɖe sia ɖe be míagava kpɔ mi ɖa gake mete ŋu dze edzi o. 18Edzro mí vevie ŋutɔ be míava mia gbɔ eye nye, Paulo, medze agbagba zi geɖe be mava gake Satana meɖe mɔ na mí o. 19Nu ka gɔ̃e míele agbe na? Nu kae na mɔkpɔkpɔ kple dzidzɔ mí eye wònye míaƒe fetu vavã kple fiakuku la? Miawoe! Ẽ, miahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí, ne mí katã míetsi tre ɖe míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkume ne etrɔ va. 20Elabena miawoe nye míaƒe ŋutikɔkɔe kple dzidzɔ.

Copyright information for EweBEE